17 DAYS OF SPIRITUAL WISDOM

Èʋegbe

AETHERIUS HABƆBƆ ƑE NUTINYA

Aetherius Habɔbɔ enye Mawu ƒe habɔbɔ si woɖo anyi be woatsɔ afianu amegbetɔwo tso ɖeɖe kple tsitsiɖedzi le gbɔgbɔme nyawo ŋuti le xexeame godoo.

Woɖo habɔbɔ sia anyi le eƒe akpeɖeka, alafa asieke kple blatovo ato me (1955) eye amesi ɖo habɔbɔ sia enye Dr. George King. Aetherius Habɔbɔ ƒe nufafia akpa gantɔ tso nyagblɔɖi siwo Mawudɔlawo gblɔ to Dr. King dzi le esime wonɔ ɖi me “positive trance condition”. Womena nufafia siawo be woatsɔ aɖoli nufafia xoxo siwo Mawu ƒe amekɔkɔɛwo abe Sri Krishna, Lord Buddha, Aƒetɔ Yesu kple bubuawo va fia le xexeame tso blema o. Ke boŋ wona nufafia siawo be woakɔ miaƒe susuwo ɖe dzi le Mawu gɔmesese me tsɔwu alesi wonɔe tsaŋ. Nuvevie ɖeka si le Aetherius Habɔbɔ ƒe nufafiawo me enye be, amegeɖe siwo tsɔ Mawu ƒe nya va anyigba sia dzi tso blema la, nye amesiwo tso anyigba bubuwo dzi.

Aetherius Habɔbɔ ƒe nufafia vevietɔ enye ‘kpekpe ɖe amenɔvi ŋu ɖokuitɔ madimadii’. Habɔbɔa ƒe taɖodzinya enye: “Kpekpe ɖe amenɔvi ŋu enye kesinɔnugaa si kplɔa ame yia Mawu gbɔe”.

Aetherius Habɔbɔ mele gbɔgblɔm be eƒe nufafiawo koe atenu ana sidzedze Mawu kple ɖeɖe o. Keboŋ Habɔbɔa lɔ be nufafia siwo kataa Mawu ƒe habɔbɔ gaawo fiana tso blema la, nye mɔ vovovo siwo atenu akplɔ ame yi dziƒoe. Habɔbɔa ƒe dzesidenu gɔme enye be “Mawu ɖea eɖokui fiana abe nunya ene”. Le dzesidenu sia ƒe miame, enye Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe gaatɔ tso blema ke, eye nutata si le eƒe dusime enye flitete si ƒe akpa etɔawo sɔ. Esia gɔme enye ‘Nunya’.

HABƆBƆA ƑE XƆSE ADODOAWO.
Nusɔsrɔ geɖewo le habɔbɔa ƒe nufafiawo me. Nusɔsrɔ abe dzɔdzɔme nunya, Mawunya, nunya kɔkɔɛ gɔmesese kple gbɔgbɔme nunya. Esiawo dometɔ ɖewo enye:

Ɖokui sasavɔ na amehavi
Ɖokui sasavɔ na amehavi, esi ha woyɔ na be “karma yoga”, enye Mawu dɔ gaatɔ si amegbetɔ ateŋu awɔ. Esia enye Aetherius habɔbɔa ƒe dɔ vevietɔ kple nufafia gaatɔ.

Yoga alo Sidzedze Mawu.
Yoga alo Sidzedze Mawu, menye nufafia si kpena ɖe ameŋu wokpɔa lamese kple gbɔɖeme ɖeɖe ko o, keboŋ enye nunya tɔxɛ kple mɔ nyuie si nana sidzedze Mawu to ɖokuitɔ madimadi me.

Gbɔgbɔme ŋuse, Gbedodoɖa kple Dɔyɔyɔ
Gbɔgbɔme ŋuse le ko abe dziɖegbe ƒe ŋusɛ ɛnɛ, eye wowɔadɔ ɖe dzɔdzɔme sewo nu. Eyɔna dɔ, enana gbɔgbɔme ŋusɛ, ekplɔa ame, ɛyra ame, eye woxɔna na amesiame si woɖoeɖa la.
Amesiame ateŋu asrɔ alesi woayɔ lɔlɔ ƒe ŋusɛ sia, be woatsɔe akpɛɖɛ ɛɖokui kple amebubuwo ŋu le xexeame kataa.

Gbedodoɖa kple dzo enye mɔ si dzi mietona yɔa gbɔgbɔme ŋusɛ be miateŋu atsɔɛ ayɔdɔ le afisi wohia le. Mantra alo gbeɖiɖi kɔkɔɛ gbɔgblɔ ha nye mɔ nyui si dzi miateŋu ato ayɔ gbɔgbɔme ŋusɛ woageɖe miame be miateŋu aɖoe ɖe afisi wohia le.

Gbɔgbɔme dɔyɔyɔ ha woadɔ abe esiawo ke ene, eye amesiame ateŋu asrɔɛ.

MAWU ƑE GBƆGBƆ SI LE MIAME.
Gbɔgbɔ si le amegbetɔ kple nusianu si le xexeame me, enye Mawu ƒe gbɔgbɔ.
Nuwo kataa tso Mawu gbɔ, eye mlɔeba la, nuwo kataa agatrɔ ayi Mawu gbɔ. Mawu ƒe ŋkɔwo sɔgbɔ. Ameaɖewo yɔnɛ be Brahma, Yehova kple bubuawo, eye habɔbɔ ɖesiaɖe kpɔ nɛ to woawo ŋutɔ ƒe xɔsɛ nu. Mawu li tegbee, eya enye ŋusɛ kataatɔ, nusianu nyala. Ele afisiafi, eya enye nusianu, eye gawu la, elolo wu esiawo kataa.

Ne miezɔ miaƒe agbemɔ nyuie le xexe siame la, ekema miatsi ɖe edzi le gbɔgbɔme, eye miadzesii be mienye Mawuviwo. Esia ana be miaga tsiɖedzi fuu le gbɔgbɔme eye miakpɔ Mawu ƒe ŋusɛ si miateŋu atsɔ akpeɖe miahaviwo ŋu ɖokuitɔ madimadii.

GBƆGBƆME NUNYA KPLE GBƆGBƆME ŊUSƐ
Amesiame ateŋu akpɔ gbɔgbɔme nunya kple gbɔgbɔme ŋusɛ to ɖokui sasavɔ kple yoga wɔwɔme.

AGBE LE ANYIGBA BUBUWO DZI
Mienyae be amewo le anyigba bubu siwo le miaƒe anyigba alo “Earth” sia godo, le miaƒe he ƒe xexe siame. Mienya ha be miaƒe dzɔdzɔme nunya alo “science” meteŋu kpɔa amesiawo o, elabena woƒe xexeme tovo tso miatɔ gbɔ. Le Aetherius Habɔbɔ me la, mieyɔa amesiawo be Mawudɔlawo alo “Cosmic Masters”, eye heaɖewoyi la, mieyɔa wo be Mawuwo elabena woƒe gaa nyenye le gbɔgbɔme kɔkɔ ŋutɔ.
Amesiawo ƒe nublanuikpɔkpɔ nabe woteŋu tsɔa woɖokuiwo savɔ le mɔ vovovowo dzi be woakpeɖe mianu le anyigba sia dzi. Ne amesiawo meli o la, miatsrɔ le anyigba sia dzi.

Heaɖewohi la Mawudɔla siawo dometɔadewo dzɔna ɖe miadome abe amegbetɔwo ene be woakpeɖe mianu. Amesiawo fiana numi eye wowɔa dɔ tɔxɛ bubuwo le miadome. Amesiawo dometɔaɖɛwo enye: Afetɔ Yesu, Lord Buddha, Sri Patanjali, Sri Krishna, Confucius kple Lao Zi.
Aetherius Habɔbɔ kpena ɖe Mawudɔla siawo ŋu le woƒe dɔwɔna tɔxɛ sia ato me. Woyɔa dɔwɔna siawo be “Cosmic Mission”. Dɔwɔna tɔxɛ siawo dometɔ ɖeka enye “Operation Prayer Power” alo “Gbedodoɖa ƒe ŋusɛ dzadzraɖo”.

Enye nyateƒe be xexe vovovowo le miaƒe he “Solar System” sia ha godo. Xexe siawo dometɔ dewo le ŋgɔ nami saa le nunya me, ke ɖewo ha le megbe nami. Amesiwo le xexe siawome dometɔaɖewo nye dɔmenyotɔ gaawo, ke ɖewo ha nye adawɔlawo.

YAMEVU SIWO TSO XEXE BUBUWO ME
Amegeɖewo kpɔna yamevua ɖewo si wome dzesii le anyigba sia dzi o. Wolɔ be yamevu siawo tso xexe bubuwo me, le miaƒe anyigba sia godo. Yamevu siawo vana miagbɔ tso blema ke. Le Bibla me la, woyɔ yamevu siawo kple ŋkɔ vovovowo; dewo enye alilikpowo, xletiviwo alo lagbalɛ dzodzoewo. Le Hindutɔwo ƒe agbalɛwo me la, woyɔa wo be ‘Vimana’.

DZƆGBESE kple GAGBUGBƆDZƆ
Dzɔgbese menye nane si Mawu wɔ be woatsɔ aheto na amegbetɔwo o. Keboŋ Dzɔgbese enye nufiala gaa si nana be miesrɔa nusiwo le vevie le agbeme hena miaƒe tutuɖedzi le gbɔgbɔme.

Ne mieku, eye hafi miaga dzɔ la, mieyina xexe bubua ɖewo me si tovo tso esia gbɔ, hena nububuwo sɔsrɔ. Ne nye be mieteŋu srɔ nusiwo kataa hia be miasrɔ le anyigba sia dzi, le miaƒe agbe vovovowo me la, ekema miateŋu azu abe Mawudɔlawo eye miadzo le afisia ayi anyigba bubuwo dzi, afisi miagava srɔ nunya kɔkɔ bubuwo le. Ame siwo ɖo nɔƒe sia dometɔaɖewo tiana be yewoatsi anyigba sia dzi, akpeɖe amegbetɔ mamleawo nu. Woyɔa
amesiawo ha be Mawudɔlawo “Ascended Masters”.

Amegbetɔ ƒe tame vɔɖi bubu kple nuvɔɖi wɔwɔ tso blema, na be miaƒe dzɔgbese, alo karma le xexe siame, menyo o. Esia na be Mawudɔlawo tso anyigba bubuwo dzi, mateŋu adze ɖe miadome le miaƒe duwo me, be woakpeɖe mi ŋu o.
Aetherius Habɔbɔ ƒe dɔ vevie akpa gaatɔ enye amegbetɔ ƒe dzɔgbese ɖɔɖɔɖo to dɔwɔna toxɛ siwo mieyɔ na be “Cosmic Missions” wɔwɔ me.

“AURAS” alo GBƆGBƆ ƑE VƆVƆLI, “CHAKRAS” alo GBƆGBƆMEFESREWO kple “KUNDALINI” alo AGBEƑEDA
“Aura” alo gbɔgbɔ ƒe vɔvɔli le amegbetɔ ɖesiaɖe ŋu. To egbɔ be miateŋu akpɔe alo ase eŋkɔ o ha la, ele amesiame nu abe vɔvɔli ene.

“Chakras” alo gbɔgbɔ ƒe fesrewo nye teƒe siwo le amegbetɔ ɖesiaɖe me. Ŋusɛ tɔxɛa ɖewo tsana tso yame toa fesre siawo me gena ɖe ame me, eye ŋusɛ bubuaɖewo ha toa fesre siawo nu doago le miame. Amegbetɔ ƒe dzimeƒui le abe ati ƒe bolome ene, eye fesre siawo dzena le gbɔgbɔme abe seƒoƒo siwo toɖe atianu la ene.

“Kundalini” alo gbɔgbɔƒeda enye Mawu ƒe ŋusɛ tɔxɛaɖe si wotsɔ de amegbetɔ me. Ŋusɛ sia le amesiame ƒe dzimeƒui mamletɔ, si le ŋlɔgoa gɔme la me. Ameaɖewo yɔa ŋusɛ sia be “serpent power” alo da ƒe ŋusɛ. Ne ŋusɛ sia nyɔ le ame me la, ezɔa to dzimeƒuiawo ƒe titina, tso ŋlɔgoa gbɔ yina ame ƒe tagbɔ. Esia nana be gbɔgbɔme fesre siwo le dzimeƒuiaŋu la klɛna, eye wokekena ɖe edzi. Esia nana be ame ateŋu akpɔ gbɔgbɔme ŋunya kple sidzedze Mawu gaatɔ. Mɔaɖewo li sidzi ame atenu ato azi gbɔgbɔƒeda sia dzi be woanyɔ. Gake nusia wɔwɔ hena ku alo dɔlɛlɛ vɛ. Eyata Aetherius Habɔbɔa meda asi ɖe mɔ siawo dzi o. Ne mietsɔ miaɖokuiwo savɔ ɖokuitɔmadimadii he kpeɖe mianɔviwo ŋu la, ekema ŋusɛ sia anyɔ le miame ɖe eɖokui si.

MAWUDƆLAWO alo “ASCENDED MASTERS”
Amegbetɔ va anyigba sia dzi be woasrɔ Mawu ƒe sewo eye woatsi ɖedzi le gbɔgbɔme. Ne miaƒe agbemɔ zɔzɔwo wuenu eye miezu nunyalawoa, ekema mɔɖeɖe li be miateŋu atia anyigba bubu siwo dzi miayi hena miaƒe nusɔsrɔ kɔkɔtɔwo dziyiyi. Anyigba siawo tɔgbi le ŋgɔ nami saa le ŋunya me. Ke ameaɖewo ha tiana be yewoatsi miaƒe anyigba sia dzi be woanye nufialawo na ame mamleawo. Woyɔa amesiawo ha be Mawudɔlawo alo “Ascended Masters”.
Amesiawo tɔgbi nye amesiwo ɖu ku dzi eye woƒe gbɔgbɔme ŋusewo lolo ŋutɔ. Gawu esia la, wonye dɔmenyotɔ gaatɔwo kple nunyala gaawo. Amesiawo tɔgbi metsina le ŋutila me abe miawo ene o, eye nenye be wodi be yewoatrɔ woƒe nutila la, wowɔ nɛ le kodzogbe, eye wonɔna ko abe dekakpuiwo tegbee.

MIADADA ANYIGBA alo “THE MOTHER EARTH”.
Miadada Anyigba sidzi miele la nye Mawudɔla gaaɖe sitsɔ eɖokui savɔ be woana nɔƒe mi amegbetɔ numanyalawo kple nuvɔdiwɔlawo. Aetherius Habɔbɔ woadɔ le mɔ vovovowo dzi be woakpeɖe Miadada Anyigba siaŋu le eƒe ɖokui sasavɔ dɔ gaa sia me.

TOKƆKƆƐWO
Aetherius Habɔbɔa ƒoaƒu amewonu le ƒesiaƒe me be woava lia tokɔkɔɛ si woyra kple Mawu ƒe ŋusɛ gaawo. Ne wolia to siawo la, woteaŋu yɔa gbɔgbɔme ŋusɛ si le toame to gbedodoɖa kple gbeɖiɖi kɔkɔɛ gbɔgblɔ me. Woteaŋu ɖoa ŋusɛ sia ɖe amesiwo hia kpekpeɖeŋu le xexeame godoo. Amesiwoyra tokɔkɔɛ siawo enye Mawudɔla gaa siwo tso anyigba bubuwo dzi, kple Mawudɔla ɖewo sitso miaƒe anyigba sia dzi. Woyɔa to yayra dɔ sia be “Operation Starlight” eye wotsɔ eƒe etɔ song hafi tenu wu dɔwɔna sianu. Amesi lia toawo eye wotsitre de toawo dzi hafi woyrawo enye Dr. King.

Woakpɔ habɔbɔ sia ƒe ŋutinya bubuwo le [email protected]
The Aetherius Society – Ghana – Facebook